James 3

1Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo. 2Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la eyae nye ame si de blibo ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la. 3Numega sue si míedea sɔwo ƒe nume la, eyae nana be woɖoa to mí eye míetea ŋu trɔa lã bliboa ɖe afi sia afi. 4Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gã eye ya sesẽwoe hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi. 5Nenema ke ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa. 6Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo amea ƒe agbemɔzɔzɔ blibo la eye mlɔeba la wotɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzo mavɔ ʋe me. 7Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa, 8gake ame aɖeke mate nu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o. 9Mietsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Mawu eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me. 10Kafukafu kple fiƒode dona tsoa ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke, nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o. 11Ɖe vudo ɖeka ma ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia? 12Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo, alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o.

Nunya ƒomevi eve

13Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple dɔwɔwɔ siwo wowɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya gbɔ la me. 14Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple dokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o. 15“Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi eye wònye nu si tso Abosam gbɔ eye eŋuti mekɔ o. 16Elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le lae, masɔmasɔ kple nu vloe ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna.

17Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ eye wòlɔ̃a tomefafa, efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanukpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o eye wòwɔa nu si le eteƒe. 18Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.

Copyright information for EweBEE